John 6:1-14

Yesu nyi ame akpe atɔ̃

(Mateo 14:13-21; Marko 6:30-44; Luka 9:10-17)

1Le esiawo megbe la, Yesu tso Galilea ƒu si woyɔna hã be Tiberia ƒu la yi egodo. 2Ameha gã aɖe nɔ eyome elabena wokpɔ nukunu siwo wòwɔ heda gbe le dɔnɔwo ŋu. 3Yesu lia togbɛ aɖe eye eya kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ anyi ɖe afi ma. 4Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyuie la hã te tu aƒe le ɣemaɣi me.

5Esi Yesu fɔ ta dzi la, ekpɔ ameha gã aɖe gbɔna ɖe egbɔ, etrɔ ɖe Filipo ŋu biae bena, “Filipo, afi kae míakpɔ nuɖuɖu le aƒle na ame gbogbo siawo?” 6Yesu gblɔ esia bena yeatsɔ ado Filipo ƒe xɔse akpɔ elabena eya ŋutɔ nya nu si wɔ ge wòala.

7Filipo ɖo eŋu nɛ be, “Míahiã ga home gã aɖe ŋutɔ ne míete kpɔ be míaƒle nuɖuɖu na ame siawo katã!”

8Eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, Andrea, Simɔn Petro nɔvi, gblɔ nɛ bena, 9“Ŋutsuvi aɖe le afii si si abolo atɔ̃ kple tɔmelã memee eve le, gake nu ka esia ate ŋu awɔ le ameha gã sia ŋuti?”

10Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Mina ame sia ame nanɔ anyi.” Ale ame siwo ƒe xexlẽme anɔ akpe atɔ̃ la nɔ anyi ɖe gbe dama le dzi. 11Yesu tsɔ aboloawo eye wòdo gbe ɖa heda akpe ɖe wo ta. Emegbe la etsɔe na eƒe nusrɔ̃lawo be woama na ameawo. Edo gbe ɖa ɖe tɔmelã memee eveawo hã ta eye wòtsɔe na ameawo. Ale ame sia ame ɖu nu ɖi ƒo nyuie.

12Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo bena, “Azɔ, miƒo abolo wuwluiawo katã nu ƒu bena womagazu vlo o.” 13Woƒo abolo wuwluiawo katã nu ƒu wòyɔ kusi wuieve sɔŋ.

14Esi ameawo kpɔ nukunu gã si Yesu wɔ la, wodo ɣli gblɔ bena, “Le nyateƒe me la ame siae nye Nyagblɔɖila si míele mɔ kpɔm na!”

Copyright information for EweBEE